1 Timothy 1

1Nye Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mia Ɖela, ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, miaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la, 2na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me. Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo Yesu, miaƒe Aƒetɔ, gbɔ la, nanɔ anyi kpli wò.

Nuxɔxlɔ̃ tso aʋatsonufiafiawo ŋu

3Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso eye nàɖo asi ŋutsu aɖewo, ame siwo le nudada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o 4tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o. Elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe. 5Nu si metsi dzi na vevie nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo me, eye be woƒe susuwo me nadza eye woasẽ ŋu le xɔse me.

6Nufiala siawo da ƒu le nu siawo nyanya me eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa nya hem eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm. 7Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefiala gãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofia mí la ŋu hafi o. 8Se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋutidɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene. 9Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple dadawo, na hlɔ̃dolawo 10na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kpakple nu sia nu si tsi tre ɖe nufiafia vavãtɔ 11si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la dzi ŋuti.

Paulo ƒe akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta

12Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la be wòtia nye hã abe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƒewɔla nɛ, 13togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, elabena ɣemaɣi la, nyemenya Kristo o. 14O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efiam ale si wòle be maxɔ edzi asee eye be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.

15Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe axɔe ase keŋ be, Kristo Yesu va xexeame nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le. 16Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be woatsɔ afia ame sia ame ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ale be woawo hã nanyae be, woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. 17Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.

18Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be nàwɔ to eƒe nyagblɔɖilawo dzi la ene. 19Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe eye ɣesiaɣi la wò dzitsinya nanɔ dzadzɛ eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o. 20Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Kristo ƒe ŋkɔ o.

Copyright information for EweBEE